Hebrews 9

Subɔsubɔ le anyigbadzigbadɔ la me

1Azɔ la, nubabla gbãtɔ ɖo ɖoɖowo anyi na subɔsubɔ eye wotu anyigbadzi Kɔkɔeƒe hã. 2Wotu Agbadɔ; le Agbadɔ la ƒe xɔ gbãtɔ me la, akaɖiti, kplɔ̃ kple ŋkumeɖobolo nɔ anyi eye woyɔ teƒe sia be Kɔkɔeƒe. 3Wotsɔ xɔmetsovɔ tso xɔ sia mee eye woyɔa teƒe si le xɔmetsovɔa megbe la be, Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe. 4Nu siwo le xɔ sia mee nye Sikavɔsamlekpui kple aɖaka si woyɔna be Nubablaɖaka, wofa sika ɖe aɖaka sia ŋuti kpe ɖo. Le aɖaka sia me la, míakpɔ kpe eve siwo dzi woŋlɔ se ewoawo ɖo, eye sikakplu si me mana le la hã le aɖaka la me hekpe ɖe Arɔn ƒe atikplɔ si ƒo se la ŋuti. 5Ŋutikɔkɔkɔe ƒe Kerubiwo nɔ Nubablaɖaka la tame eye wokeke woƒe aʋalawo ɖe teƒe si wotsɔa nu vɔ̃ kena le. Ke míate ŋu adzro nya siawo me ayi edzi fifia o. 6Ne nu sia nu sɔ gbe vɔ la, Osɔfowo gena ɖe xɔ ŋgɔgbetɔ me ɖaa edzedzi eye wowɔa mawusubɔsubɔdɔ. 7Ke Osɔfogã ɖeka koe gena ɖe xɔ emetɔ me eye wòwɔa esia zi ɖeka ko le ƒe ɖeka me. Ne eyina la, megbea ʋutsɔtsɔ ɖe asi o, ʋu si wòtsɔna saa vɔe, ɖe eya ŋutɔ kple dukɔ la ƒe nu vɔ̃ siwo wowɔ le manyamanya me la ta. 8Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖee fia to esia dzi be womeklo nu le mɔ si yi Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la dzi haɖe o, zi ale si Agbadɔ gbãtɔ la gale te nu ko. 9Esiae nye nufiafia tso fifia ƒe ɣeyiɣiwo ŋuti esi le asi tɔm edzi be nunana kple vɔsa siwo wowɔna na Mawu la, mate ŋu aɖe vɔ̃ ɖa le ame si le subɔsubɔ wɔm la ƒe susu me o. 10Wonye nuɖuɖu, nunono kple ŋutikɔklɔ ƒe kɔnu vovovowo ko ƒe nya, esiwo nyegotadzesiwo ƒe ɖoɖowo, esiwo nɔ anyi va se ɖe esime ɖoɖo yeyea va.

Kristo ƒe Ʋu

11Esi kristo va abe nu nyui siwo li xoxo ƒe Osɔfogã ene la, eto gbedoxɔ si lolo hede blibo wu la me, gbedoxɔ si wometsɔ asi tui o alo miagblɔ be menye nuwɔwɔ la ƒe akpa aɖe o. 12Mege ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me to gbɔ̃wo kple nyiviwo ƒe ʋu me o, ke boŋ ege ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me zi ɖeka hɔ̃ hena ɣeyiɣiwo katã to eya ŋutɔ ƒe ʋu me, esia me wòto xɔ ɖeɖe mavɔ na mí. 13Nenye be gbɔ̃wo kple nyitsuwo ƒe ʋu kpakple nyiviwo ƒe afi si wohlẽ ɖe ame siwo ŋuti mekɔ o la ŋu wɔnɛ be woƒe ŋuti kɔna le gotagome la, 14ekema geɖe wu Kristo, ame si to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu fɔɖiɖimanɔmee la, ƒe ʋu aklɔ míaƒe dzitsinyawo ŋuti tso nu siwo hea ku vɛ la me, ale be míate ŋu asubɔ Mawu gbagbe la.

15Le susu sia tae Kristo nye nubabla yeye la ƒe avuléla be ame siwo woyɔ la naxɔ domenyinyi mavɔ la ƒe ŋugbedodo. Azɔ la eku be wòazu fe xexeɖeta aɖe ame siwo wɔ nu vɔ̃ le nubabla xoxoa te.

16Afi si woŋlɔ domenyigbalẽ da ɖi le la, ehĩa be ame si ŋlɔ agbalẽ sia naku hafi, 17elabena wowɔa domenyigbalẽa me nyawo ŋuti dɔ ne ame si ŋlɔe da ɖi la megava li o. Womewɔa domenyigbalẽ me nyawo ŋuti dɔ ne ame si ŋlɔ agbalẽa la le agbe o. 18Esia tae womewɔ nubabla gbãtɔ me nyawo dzi ʋu manɔmee o. 19Esi Mose ɖe gbeƒã se ɖe sia ɖe si le segbalẽa me na dukɔ la la, etsɔ nyiviwo ƒe ʋu, tsi, ɖetifufu dzẽ kple ƒumekutsa eye wòtsɔe hlẽ ʋu ɖe se gbalẽ kple dukɔ haho la ŋuti. 20Tete wògblɔ bena, “Esia nye nubabla la ƒe ʋu, nubabla si Mawu de se na mi be mialé ɖe asi.” 21Nenema ke wòhlẽ ʋu ɖe agbadɔ la kple nu siwo katã ŋuti dɔ wowɔna le subɔsubɔ me la ŋuti. 22Le nyateƒe me se la bia be woakɔ nu sia nu kloe ŋuti kple ʋu, eye newomekɔ ʋu ɖi o la nu vɔ̃ tsɔtsɔke manɔ anyi o.

23Eya ta ehĩa kokoko be woakɔ nu siwo nye dziƒonuwo ƒe vɔvɔli ŋuti kple vɔsa siawo, gake woakɔ dziƒonuawo ŋutɔ ŋu kple vɔsa siwo de ŋgɔ wu esiawo. 24Elabena Kristo meyi ɖe Kɔkɔeƒe si wowɔ kple asi la me esi nye dziƒotɔ ƒe vɔvɔli la me o, ke boŋ eyi ɖe dziƒotɔ la ŋutɔ me afi si wodo ɖe Mawu ŋku me le azɔ ɖe mía teƒe 25Nenema ke meyi ɖe dziƒo be wòatsɔ eɖokui ana zi geɖe abe ale si Osɔfogã la gena ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ƒe sia ƒe kple ʋu si menye eya ŋutɔ tɔ o la ene o. 26Ne ele alea la ele na Kristo be wòatsɔ eɖokui ana fukpekpe zi geɖe tso esi me ke woɖo xexea me gɔme anyi, gake azɔ la eva zi ɖeka hena ɣeyiɣiwo katã le ɣeyiɣi siawo ƒe nuwuwu be wòaɖe nu vɔ̃ ɖa to eɖokui tsɔtsɔ savɔe me. 27Abe ale si woɖoe na ame be wòaku zi ɖeka eye le esia megbe wòadze ŋgɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ene la, 28nenema ke wotsɔ Kristo hã savɔe zi ɖeka be wòaɖe ame geɖewo ƒe nu vɔ̃ ɖa eye agava zi evelia menye be wòagava ɖe nu vɔ̃ ɖa o ke boŋ be wòahe ɖeɖe vɛ na ame siwo katã le elalam.

Copyright information for EweBEE